Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:56 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

56 Eye esi ɖɔ to le afiawo katã la, Yosef ʋu blivawo katã, eye wòdzra blia na Egiptetɔwo. Eye dɔ la nu le sesẽm ɖe dzi le Egipte-nyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

56 Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:56
12 Mawu Ofanana  

Eye do to le anyigba la dzi. Eye Abram yi ɖe Egipte, be wòa nye amedzro le afima; elabena dɔa nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi?


Eyome la dɔŋɔliƒe adre ava, eye woaŋlɔ alesi nuɖuɖu do agbogbo ɖe Egipte-nyigba dzi la be; eve dɔwuame agblẽ anyigba la.


eye woaƒo nuɖuɖuwo nu ƒu le ƒe nyui, siwo gbɔna la me, eye woadzra bliawo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao.


Ke esi dɔ va Egipte-nyigba blibo la dzi la, dukɔ la ƒo zi va bia nuɖuɖu Farao. Eye Farao gblɔ na Egiptetɔwo bena: Miyi Yosef gbɔ, eye nusi wòagblɔ na mi la, miawɔe.


Eye amewo tso afiawo katã va Egipte, be woaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ le afisiafi.


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Ke dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi.


Le ƒe blaadre megbe la Yehowa agaɖo ŋku Tiro dzi, eye wòagatrɔ ɖe eƒe gboloho ŋu, eye woawo gbolo kple anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã le xexea me.


Eye wògblɔ nam hena: Esia nye fiƒode, si le anyigba blibo la dzi yim; elabena fiafitɔwo katã tsi tomahemahe, eye atam dzodzro kalawo katã tsi tomahemahe.


elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa