Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Eye Yosef tu bliawo ɖo wòsɔ gbɔ ŋutɔ abe ƒutake ene, ale bena womagate ŋu adzidzee o, eye wodzudzɔ edzidzedzidze.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

49 Le ƒe adrea ƒe nuwuwu la, avawo yɔ, eye nuɖuɖu si wodzɔ na dziɖuɖu la sɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke meganya akɔnta le eŋu o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:49
9 Mawu Ofanana  

eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Eye wòƒo agblemenu siwo katã wɔ le ƒe adreawo me, le esime nuɖuɖu do agbogbo ɖe Egipte-nyigba dzi la, nu ƒu, eye wòdzra du sia du ƒe agblemetiwo ɖo ɖe ɖu la ŋutɔ me.


Hafi dɔŋɔlia nava la, On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat dzi ŋutsuvi eve na Yosef.


Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.


Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene kple xewo abe ƒutake ene.


Alesi dziƒo ŋu nuwo mele xexlẽ me o, eye ƒutake mele dzidze me o la, nenema ke madzi nye dɔla Dawid kple nye subɔla Lewi-viwo ƒe ƒome ɖe dzii.


elabena ɖe wohona vana kple woƒe lãwo kpakple agbadɔwo, eye woawo kple woƒe kposɔ naneawo ƒona ɖi bibibi abe ʋetsuviwo ene; ale wovana, be woagblẽ anyigba la.


Eye Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒu asaɖa anyi ɖe bali la me kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene, eye woƒe kposɔ naneawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa