47 Eye anyigba la wɔ nu ŋutɔ le ƒe adreawo me.
47 Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi.
Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.
Fe adre gbɔna, si me nuɖuɖu ado agbogbo ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi.
Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.
Eye wòƒo agblemenu siwo katã wɔ le ƒe adreawo me, le esime nuɖuɖu do agbogbo ɖe Egipte-nyigba dzi la, nu ƒu, eye wòdzra du sia du ƒe agblemetiwo ɖo ɖe ɖu la ŋutɔ me.
Bli aɖo kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.