Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Emegbe la ena wòɖo tasiaɖam evelia, si kplɔ fia tɔ ɖo la, eye kpodolawo le eŋgɔ le gbɔgblɔm bena: Midze klo, midze klo! Ale wòɖoe Egipte-nyigba la katã nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:43
16 Mawu Ofanana  

Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ.


Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Nye enye Farao, ke ne wòa melɔ̃ o la, amea ɖeke mate ŋu akɔ eƒe asi alo afɔ dzi le Egipte-nyigba blibo la dzi o.


Ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, he nya sesẽ kple mí, eye wobu mí ŋkutsalawoe.


Tete ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, gblɔ na mí bena: Esia me madze sii ale bena, nyateƒetɔwo míenye: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, ke mi ame mamleawo mitso bli yi na mia ƒomeawo, bena woatsi dɔwuame nui.


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Eye wogblɔ nɛ bena: Yosef gale agbe, eye wònye dziɖula le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Ke nya la ka ɖe Yakob, eye mexɔe se o.


Menye miawoe dɔm ɖe afisia o, ke boŋ Mawue, eye wòtsɔm wɔ adaŋudela vevi na Farao, eye wòɖom amegãe ɖe eƒe aƒe dzi kple dziɖulae ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.


Emegbe la nɔviawo ŋutɔ yi, eye wodze klo de ta agu nɛ gblɔ bena: Miawo nye si, tsɔ mi wɔ wò kluviwoe!


Eye tasiaɖamwo kple sɔɖolawo kplɔe yii ale bena, wonye ameha gãa ɖe.


Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.


Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o.


Eya la gaxɔ mee wotso, ne woava ɖu fia, eye ahedada me wodzii ɖo ɖe fiaɖuƒe la me.


Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe.


eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.


bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa