1 Mose 41:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191342 Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ. Onani mutuwoAgbenya La42 Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ. Onani mutuwo |
Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.