Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Esi Mawu ɖe nu, siawo katã fia wò la, amea ɖeke meli, si dze aɖaŋu, eye wònya nu abe wò ene o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be, “Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me,

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:39
9 Mawu Ofanana  

Tete Yosef ɖo ŋu na Farao bena: Gbeɖe, menye nyee o; ke Mawu agblɔ nusi enyo la na Farao.


Tete Yosef gblɔ na Farao bena: Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme le ɖeka. Nusi wɔ ge Mawu gbɔna la, eyae wòɖe fia Farao.


Eyatae megblɔ na Farao gbã bena: Nusi wɔ ge Mawu ala la, eya wòɖe fia Farao.


Azɔ Farao nedi ame, si dze aɖaŋu, eye tagbɔ li nɛ ta, ɖo Egipte-nyigba la nu.


Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.


Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?


Nusi dim fia le la sesẽ, eye amea ɖeke meli ale ŋu aɖe egɔme na fia la o, negbe mawuwo ko, amesiwo ƒe nɔƒe mele kodzogbeawo dome o.


Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa