Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò bena, ne ese drɔ̃e ko la, eɖea egɔme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Farao gblɔ na Yosef be, “Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:15
11 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu nɛ bena: Míeku drɔ̃e, gake amesi aɖe egɔme, meli o. Tete Yosef gblɔ na wo bena: Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu fɔe oa? Gake milii nam ko!


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Edi Mawu le Zaxarya, amesi fia Mawu vɔvɔ̃e la ƒe agbenɔɣi katã, eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Eye fia la gblɔ na wo bena: Meku drɔ̃e, eye drɔ̃e la gɔmesese na medzo haha.


eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la,


Eƒe aŋgbawe nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wonye nuɖuɖu ne nuwo katã; gbemelãwo nɔ eƒe vɔvɔli te, dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, eye wonye ŋutilãwo katã.


elabena gbɔgbɔ triakɔ, sidzedze kple nunya le esi, eye wòdea drɔ̃ewo, adzowo kple nya manyatanuwo gɔme; eyama nye Daniel, amesi fia la tsa ŋkɔ na be Beltsazar. Eyata woayɔ Daniel va, ekema aɖe egɔme.


Mese le ŋuwò be, mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò, eye sidzedze, gɔmesese kple nunya triakɔ le asiwò wokpɔ.


Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa