Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 4:7
33 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia me hã meɖo to wò, eye nyemagblẽ du, si nẽwɔnɛ la o.


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.


Nusiawo katã wò dɔla Arawna tsɔ na eƒe aƒetɔ fia la. Eye Arawna gblɔ na fia la bena: Yehowa, wò Mawu, axɔe na wò nyuie!


Eye Axab vi Yoram ho aʋa yi Ramot-Gilead ɖe Aram-fia Xazael ŋu; ke Aramtɔwo si Yoram.


ne èɖe nu manyomanyo, si le asiwò me la ɖa, eye nu madzɔmadzɔa ɖeke mele wò agbadɔ me o la,


ekema awu wò mo dzi mokaka manɔmee, eye àli ke, eye màvɔ̃ o;


esime menɔ nye edameŋkekewo me, eye Mawu ha ha kplim le nye agbadɔ me;


Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta; elabena eya ke ƒe ŋku me makpɔ, hafi nyiemaɖo bometsitsi la teƒe na mi o; elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o.


Ame vɔ̃ɖi dziɖeɖe, ne woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menyo o.


Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?


Yi naɖaɖe gbe ƒã nya siawo do ɖe anyiehe gome bena: Israel dzeaglã, ale Yehowa gblɔ esi: Gatrɔ, nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena amelɔ̃la menye, eye nyemalè nya ɖe dɔ me tegbee o, Yehowa ye gblɔe.


Nuka dzudzɔʋeʋẽedonu tso Saba kple gbekee xɔasi tso didiƒenyigba dzinye nam? Miaƒe numevɔsawo medzea ŋunye o, eye miaƒe akpedavɔsawo mevivina nam o.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke ne miewɔ alea o la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye míakpɔ miaƒe nuvɔ̃wo tɔ nua.


hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke venɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o.


Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã?


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.


Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.


emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa