Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 4:5
18 Mawu Ofanana  

Eye Yakob kpɔ be, Laban megakɔa ŋku me ɖee abe tsã ene o.


Eye wògblɔ na wo bena: Mekpɔ be, mia fofo megakɔa ŋku me ɖem abe tsã ene o; gake fofonye ƒe Mawu la li kplim.


Esi eƒe aƒetɔ se nya, siwo srɔ̃a gblɔ nɛ bena: ale kple ale wò kluvi wɔ ɖe ŋunye la, dɔme vee ŋutɔ.


be nètrɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu, eye wò nu le nyawo dudum le ƒoƒom ɖi?


Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


Aɖo xɔname ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòado alɔ na wò tso Zion.


Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.


Hlɔ̃dola léa fu ame maɖifɔwo, eye wòdia nuteƒewɔlawo ƒe agbe yome.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.


Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?


Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.


Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.


Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mo dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe agudzedze la me.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa