Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 4:2
19 Mawu Ofanana  

Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Israel gblɔ na Yosef bena: Nɔviwòwo le alẽwo kplɔm le Sixem, va madɔ wò ɖe wo gbɔ. Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.


Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa.


Eye Farao bia nɔviawo bena: Dɔ ka wɔlawo míenye? Woɖo ŋu na Farao bena: Lãnyilawo wò dɔlawo nye abe mia tɔgbuiwo ke ene.


Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam bena: Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu.


bena woabia nyagblɔɖila, siwo katã ƒe ʋu woda, ahe tso xexeme ƒe gɔmedzedze ta, atso dzidime sia si me


tso Abel ƒe ʋu dzi vaseɖe Zaxarya, amesi wowu le vɔsamlekpui kple xɔ la domee la, ƒe ʋu la dzi. Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Woabiae atso dzidzime sia si me.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa