Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 4:1
8 Mawu Ofanana  

Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.


Eye Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Set; elabena egblɔ be: Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam.


Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Eyata miwu ŋutsuvi, siwo katã le ɖeviawo dome, eye miwu nyɔnuvi, siwo katã ɖo ŋutsu gbɔ kpɔ;


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa