Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 39:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 eya aƒeametɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, ekplɔ Hebritɔ sia vɛ na mi, amesi ɖi be, yeado ŋukpe mí. Eva gbɔnye, be yeamlɔ anyi kplim, ke medo ɣli sesĩe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 39:14
21 Mawu Ofanana  

Eye wodzi ŋutsuwo na Sem, amesi nye Eber-viwo katã tɔgbui kple Yafet nɔvi xoxoetɔ.


Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.


Esi wòkpɔ be, egblẽ eƒe avɔ ɖe ye si hesi do go la,


Esi wòkpɔ be, medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.


Eye wògblɔ nya mawo ke na eya hã bena: Kpɔ ɖa, Hebri-kluvi, si nekplɔ vɛ na mi la, va gbɔnye, be yeado ŋukpem.


Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.


Elabena yakatsyɔe wofim le Hebritɔwo ƒe anyigba dzi, eye afi sia hã nyemewɔ naneke, hafi wolém de ga o.


Nuka alakpaɖe ana wò, eye nuka wòatsɔ akpee na wò?


Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.


Lé to ɖe ŋunye, eye natɔ nam; mele tsa glalã tsam le konyifafa me, eye mele hũ ɖem


Amesi léa fu ame le adzame la, alakpanue; eye amesi ha ame gɔme la, bometsilae.


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe la, aɖu fewu le ŋuwò be, wò ŋkɔ gblẽ, eye ʋunyaʋunya bɔ ɖe mewò.


Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã le aʋatsoɖaseɖiɖiwo dim ɖe Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.


Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe;


Elabena ne woƒo mi le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, adegbeƒoƒo ka wònye ma? Ke ne míekpe fu le nu nyui wowɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa