Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 38:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Esi Yuda ɖe ŋku ɖee nyuie la, egblɔ bena: Etɔ dzɔ wu tanye, elabena nyematsɔe na vinye Sela wòɖe o. Tso ema dzi la megade asi eŋu kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 38:26
19 Mawu Ofanana  

Esi wòɖe ŋku ɖee nyuie la, edo ɣli bena: Vinye ƒe awu enye esia; lã wodaa ɖe vuvui, oo, evuvu Yosef vavã!


eɖe eƒe ahovɔwo ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋku me, eye wòtsyɔ avɔ blukɔɔ heva bɔbɔ nɔ Enaim-gbo, si le Titmnat-mɔ dzi la nu; elabena ekpɔ be, Sela tsi, gake wometsɔ ye nɛ, be wòaɖe o.


Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.


Eye wowɔ agbadɔ ɖe xɔta na Absalom, eye Absalom de asi fofoa ƒe ahiãwo ŋu le Israel blibo la ŋku me.


Esi Dawid va eƒe me le Yerusalem la, fia la tsɔ nyɔnu ewo, siwo nye eƒe ahiãwo, amesiwo wogblẽ ɖi, be woanɔ aƒea dzi kpɔm la, de xɔ me, eye wòkpɔ wo dzi, ke medɔ wo gbɔ o; eye wotsi xɔa me, abe alesi ahosiwo nɔa agbee ene, vaseɖe woƒe kugbe.


Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!


Azɔ, esi wòɖo dziwò la, wɔna vɔ le ŋuwòa? Azɔ, esi wòdzɔ ɖe dziwò la, dzi ɖe le ƒowòa?


Meƒo nu zi ɖeka, eye meɖe nu le eme; meƒo evevea, eye nyemagawɔe azɔ o.


Eyata wò hã ŋukpe nenɔ dziwò, le esi nexɔ nya ɖe nɔviwònyɔnuwo ta ŋuti, etso wò nuvɔ̃ nyɔŋu, siwo newɔ wu wo la, na be, wo to dzo wu towo. Eyata ŋu nekpe wò, eye wò ŋukpe nenɔ dziwò, le esi nètso afia na nɔviwònyɔnuwo ta.


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,


Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.


Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ miaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye miado kekeli ƒe aʋawɔnuwo!


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Esi Dawid wu nuƒoƒo na Saul nu vɔ la, Saul gblɔ bena: Vinye Dawid, wò gbee nye esia? Eye Saul fa avi kple ɣli


hegblɔ na Dawid bena: Enye ame dzɔdzɔe wum, elabena èwɔ nyui nam, ke nye la mewo vɔ̃ ɖe ŋuwò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa