Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 38:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke esi wokplɔe do goe la, edɔ ame ɖo ɖe toa gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu, si ƒe nu enye esiawo la, eyae ɖo fum. Eye wògblɔ bena: Lé ŋku ɖe eŋu nyuie be, ameka tɔ enye ŋkɔsigɛ la kple eŋuti ka kpakple alikplɔ la mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 38:25
7 Mawu Ofanana  

Eye wotso awu ʋlaya la ɖo ɖe wo fofo gblɔ bena: Nusia míefɔ, le ŋku ɖe ŋu nyuie, be viwò ƒe awue loo, alo menye eyae o!


Eye wòbiae bena: Nuka matsɔ aɖo awɔba na wò mahã? Eɖo ŋu be: Wò ŋkɔsigɛ, si nètsɔna ɖoa ŋkɔ nu dzi, kple eŋuti ka kpakple wò atikplɔ, si le asiwò la! Tete wotsɔ wo nɛ, eye wòmia egbɔ, eye wòfɔ lu nɛ.


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


Alesi ne asi lu fiafi ŋu kpenɛ la, nenema ŋu akpe Israel ƒe aƒe la hekpe ɖe woƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ŋu,


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa