Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 38:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Afima Yuda kpo Kanaantɔ Sua ƒe vinyɔnu le, eye woɖee, eye wòdo kplii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 38:2
13 Mawu Ofanana  

eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Emegbe la Isak yɔ Yakob vɛ, eye wòyrae, eye wòde se nɛ gblɔ nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o!


Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


Yuda viŋutsuwo nye: Ger, Onan, Sela, Perez kple Serax: ke Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi. Eye Perez viŋutsuwo nye: Xezron kple Xamul.


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Yuda viwo nye: Ger, Onan kple Sela; wo ame etɔ la Sua vinyɔnu, Kanaan-nyɔnu la, dzi nɛ. Ke esi Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger ƒe nu medze Yehowa ŋu o la, ewui.


Yuda viwo nye Ger kple Onan, ke Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi.


Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?


Esi wògbɔ la, eka ta na fofoa kple dadaa bena: Mekpɔ nyɔnuvia ɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat, eyata midee nam!


Tete Simeon yi Gaza, eye wòkpɔ gboloa ɖe le afima heyi egbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa