Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 36:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 36:8
21 Mawu Ofanana  

kple Xoritɔwo le woƒe to Seir dzi vaseɖe El-Paran, si te ɖe gbedzi lɔƒo.


Tete Esau gblɔna Yakob bena: Na nu dzia ɖem maɖu, elabena ɖɔ wum ɖi tsi ɖe ŋunye. Eyata woyɔ eƒe ŋkɔ be Edom.


Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim.


Eye Yakob dɔ dɔlawo ɖo ɖe eŋgɔ ɖe nɔvia Esau gbɔ le Seir-nyigba dzi le Edom gbedzi.


Esia enye Esau, si enye Edom, ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.


amegã Magdiel kple amegã Iram. Esiawo nye Edom-megãwo le woƒe nɔƒewo kple woawo ŋutɔwo ƒe anyigbawonu. Eya nye Esau, amesi nye Edomtɔwo ƒe fofo.


Esia enye Esau, Edomtɔ, siwo le Seir-to dzi la, fofo ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.


Eye Simeon-viwo dome ame alafa atɔ̃ ho yi Seir-to dzi; woƒe tatɔwo nye Yisei viwo: Pelatya, Nearya, Refaya kple Uziel.


Azɔ kpɔ ɖa, Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo le Seir-towo dzi, amesiwo dome mèɖe mɔ na Israel, be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsi wo o la,


Tete Amon-viwo kple Moab-viwo tso ɖe amesiwo tso Seir-towo dzi la ŋuti, wòdza wo ƒu anyi, eye wotsrɔ̃ wo. Eye esi wotsrɔ̃ Seir-to dzi nɔlawo vɔ la, wotsrɔ̃ wo nɔewo.


Eye Yudatɔ, siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple Edom kpakple anyigba katã dzi la hã se be, Babel-fia susɔ amewo ɖe Yuda, eye wotsɔ Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo wo nu.


Obadya ƒe ŋutega. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Edom ŋu enye si: Míese nya tso Yehowa gbɔ, eye woɖo du ɖe dukɔwo dome be: Mitso, ne míaho aʋa ɖe wo ŋu!


Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi?


ke melé fu Esau ya; metsɔ eƒe towo wo gbegbee, eye eƒe ɖomenyinu zu gbedada ƒo na amegãxiwo.


abe alesi Yehowa wɔ na Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la ene: etsrɔ̃ Xoritɔwo le wo ŋgɔ, eye wonyã wo hena wo teƒe va do egbee.


Eye de se na dukɔ la bena: Miele mia nɔvi Esau-viwo, amesiwo le Seir la, ƒe anyigba dzi to ge, eye wole mia vɔ̃ ge, ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie,


ne miagawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyemele woƒe anyigba ƒe afɔ ɖeka hã na ge mi o, elabena ɖe metsɔ Seir-to la na Esau, be wòanye etɔ.


Metsɔ Yakob kple Esau na Isak, eye metsɔ Seir-to na Esau, be wòanye etɔ, ke Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte.


Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa