Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 34:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 34:7
27 Mawu Ofanana  

Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.


Eye Xamor, Sixem fofo, yi Yakob gbɔ, be wòaƒo nu kplii.


Eye Xamor ƒo nu kpli wo gblɔ bena: Vinye Sixem ƒe dzi ku de mia nɔvinyɔnu la ŋuti; mede kuku, mitsɔe nɛ, ne wòaɖe.


Eye wòkplɔ viaŋutsuwo kple tɔgbuiayɔviŋutsuwo, vianyɔnuwo kple tɔgbuiayɔvinyɔnuwo kple eƒe ƒome la katã va Egipte.


Esi fia Dawid se nya siawo katã la, eku dzi ne ŋutɔ.


Wò sewo le eme tututu; Yehowa, ŋutikɔkɔe dze wò aƒe la ɣeawiokatãɣ.


Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsilaa ɖe le ŋutsuviwo dome.


elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!


Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


Ne dukɔ la dometɔa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye woɖi fɔ,


Migana miawo ahasi, abe alesi wo dome amea ɖewo wo ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsra le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.


Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.


Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene,


Ke nenye nyateƒee be, womekpɔ nyɔnuvi la aƒe o la,


ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.


Ke boŋ woatsi gbɔwò le wò duwo dometɔ ɖeka, si dze eŋu wotia la me, eye megatee ɖe anyi o.


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.


Eye woatɔ dzo amesi gbɔ wokpɔ busunua le, kpakple nusiwo katã le esi, elabena etu Yehowa ƒe nubabla, eye wòwɔ ŋukpenanu le Israel.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Tete melé nye ahiã la, eye meflu heɖo ɖe Israel-nyigba ƒe nutowo katã me, elabena wowɔ ŋukpenanu kple nu vlo le Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa