6 Eye Xamor, Sixem fofo, yi Yakob gbɔ, be wòaƒo nu kplii.
6 Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob.
Eye Yakob se be, wogblẽ vianyɔnu Dina, ke viaŋutsuwo le gbedzi le eƒe alẽhawo gbɔ, eye Yakob zi kpi, vaseɖe esime wogbɔ.
Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.
Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo?