Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 34:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tabianu kple akpedanu, alesi nu miabiam la, mana, abe alesi miedi ene; mitsɔ ɖetugbivi la nam made ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 34:12
13 Mawu Ofanana  

Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.


Eye Yakob lɔ̃a Raxel, eyata wògblɔ bena: Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta.


Ƒe blave sɔŋ mena aƒewò me. Mesubɔ wò ƒe wuiene ɖe viwònyɔnuvi eveawo ta, eye ƒe ade ɖe alẽwo la; gake eɖo li nye fetu zi ewo.


Tete Sixem gblɔ na fofoa kple nɔviawo bena: Ne miave nunye la, ekema nusianu, si miabiam la, mana.


Eye Yakob viŋutsuwo do ŋu na Sixem kple fofoa Xamor le aye me, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina.


Tete Dawid dɔ amewo ɖo ɖe Saul vi Is-Boset, ne woagblɔ nɛ be: Kplɔ srɔ̃nye Mixal, si metsɔ Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ɖe la, vɛ nam!


Ne amea ɖe ble ɖetugbi, si ta womebia o, eye wòde asi eŋu la, ekema wòawɔ srɔ̃ɖenu nɛ, eye wòaɖee.


Tete metso klosalo sekel wuiatɔ̃ kple bli gomer ɖeka kple afã ƒlee.


Eye wogblɔ ne bena: Naneke mele mía si le afisia o, negbe abolo atɔ kple tɔmelã eve ko.


Saul ƒe dɔlawo gblɔ nya siawo ɖe Dawid ƒe to me, eye Dawid gblɔ bena: Nu tsɛ wònye le mia ŋku me be, woazu fia ƒe toa? Ke nye la ame dahe menye, eye nyemele ɖeke me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa