Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 32:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wògblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: Wò dɔla Yakob be, míagblɔ na wò bena: Menɔ Laban gbɔ, eye metsi anyi ʋuu vaseɖe fifi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 32:5
13 Mawu Ofanana  

Eye ŋutsu la ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe dzi ŋutɔ, eye wòkpɔ alẽwo kple gbɔwò, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo?


Elabena kesinɔnu, siwo katã Mawu xɔ le mía fofo si la, wonye mía ŋutɔwo kple mia viwo tɔ; eyata wɔ nusianu, si Mawu gblɔ ha wò la ko!


Eye Yehowa gblɔ na Yakob bena: Trɔ yi fofowò ƒe anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye manɔ anyi kpli wò!


Xa nye nusi wotsɔ vɛ na wò la dzro, elabena Yehowa yram, mekpɔ nu geɖe! Eye wótèe ɖe ŋu, vaseɖe esime wòxɔe.


Tete Esau gblɔ bena: Ekema magblẽ amesiwo le ŋunye la ɖewo ɖe gbɔwò! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti, esi nye aƒetɔ ve nunye xoxo ɖe!


Eye wòbiɛ bena: Ha blibo ka enye si va kpem le mɔ dzi? Eɖo ŋu be: Bena nye aƒetɔ nave nunye!


Tete wogblɔ bena: Wòe xɔ mí ɖe agbe! Aƒetɔ, ne ànya ve mia nu ko, ekema mianye Farao ƒe awɔbamewo faa.


Tete fia la gblɔ na Ziba bena: Kpɔ ɖa, Mefiboset ƒe nuwo katã nye tɔwò! Eye Ziba gblɔ be: Mede ta agu na wò! Ne nye aƒetɔ nya ve nunye ko!


Ɖe megblɔ be: Mina num, eye mitsɔ miaƒe kesinɔnuwo wɔ nunanae nam,


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Eɖo ŋu bena: Ne ève wò dɔlanyɔnu nu ko! Emegbe nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye woɖu nu, eye megato mo azɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa