Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 32:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye Yakob na ŋkɔ teƒe la be Pniel, elabena egblɔ be: Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me: gake metsi agbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 32:31
19 Mawu Ofanana  

Tete wòyɔ Yehowa, amesi ƒo nu kplii la ƒe ŋkɔ bena: Wòe nye Mawu nusianu kpɔla! Elabena egblɔ bena: Alo menye amesi le kpɔyem la yome mekpɔ ɖa vava oa?


Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le ɖu la ƒe vodada ta o!


Eye ɣe dze, hafi Lot de Zoar.


Yakob ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsua ɖe va te kame kplii ʋuu, vaseɖe esime agu dze.


Ke esi wòɖe Pniel ɖe megbe la, ɣe dze, eye wòle tɔtɔm ɖe aku dzi.


Emegbe Yerobeam gbugbɔ Sixem tso de Efrayim-to la dzi hena eme; eyome woʋu tso afima ɖagbugbɔ Penuel tso.


Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.


Elabena mele gbɔgblɔm be, womegakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o; eye esi ke ɖe le nye afɔ te la, wole adegbe ƒom ɖe ŋunye.


eye wokpɔ Israel ƒe Mawu la, eƒe afɔgbɔ le abe gbloti, alo abe alesi alilime kɔna keŋkeŋ ene.


Ke mewɔ naneke Israel-viwo ƒe ame ŋkutawo o, eye woɖe ŋku ɖe Mawu ŋu, emegbe woɖu nu, eye wono nu.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.


Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye.


Te yi, ne nase nya, siwo katã Yehowa, mia Mawu, le gbɔgblɔge na mí la, eye nagblɔ nya, siwo katã Yehowa, mía Mawu, gblɔ na wò la, na mí; ekema míasee, eye miawɔ wo dzi.


Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye wòalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanye na wo kple wo viwo!


Esi Gideon kpɔ bena, Yehowa ƒe dɔlae la, egblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa! Elabena mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋku me kple ŋku me.


Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Ŋuwo nafa, megavɔ̃ o, mele kuku ge o!


Eye woho tso afima yi Penuel, eye wògblɔ na woawo hã alea ke, ke Penueltɔwo ɖo ŋu nɛ abe Sukottɔwo ke ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa