Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 32:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke esi wòkpɔ be, yemate ŋui o la, etɔ asi eƒe aligo, eye Yakob ƒe aligokpeƒe ɖɔ li, le esime wole ka mea tem la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 32:26
19 Mawu Ofanana  

Yakob ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsua ɖe va te kame kplii ʋuu, vaseɖe esime agu dze.


Eye ŋutsu la gblɔ bena: Ɖe asi le ŋunye, elabena agu le dzedzem! Ke eɖo ŋu bena: Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nayram hafi.


Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.


Ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Eyata na nye dɔmedzoe nabi ɖe wò ŋu, be matsrɔ̃ wo, eye mawɔ wò natrɔ zu dukɔ gãa ɖe.


Nyemekpɔ to wo ŋu yi o, tete mekpɔ amesi nye luʋɔ lɔ̃na la. Melée, eye megbe asiɖeɖe le eŋu, vaseɖe esime mekplɔe va danye ƒe me, va nɔnye ƒe xɔ mee.


wò kɔ enye nyiɖuxɔ tsrala; wò ŋkuwo le abe ta, si le Xesbon le Batrabim-gbo nu ene; wò ŋɔti le ahe Libanon ƒe xɔ tsrala, si ɖo ta Damasko ene.


Ale Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ kple emèla, gblɔ esi: Mibia nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ta se, ke mina makpɔ vinyewo kple nye asinudɔwɔwɔwo ƒe nya gbɔ.


Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.


Elé nɔvia ƒe afɔkpodzi le dɔ me, eye esi wòɖo ŋutsu me la, ete keme kple Mawu.


Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Ɖe asi le ŋunye, ne matsrɔ̃ wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò nazu dukɔ, si asẽ ŋu, eye wòasɔ gbɔ awu wo.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa