Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 32:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Wò ŋutɔ gblɔ be: Mawɔ nyuie na wò vava, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ le agbɔsɔsɔ ta o la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau:

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 32:13
18 Mawu Ofanana  

Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã.


Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Eye wòtsi afima dɔ. Eye wòtsɔ nusiwo le esi la ƒe akpa ɖeka ɖo ɖe nɔvia Esau:


Yakob ɖo ŋu nɛ bena: Gbeɖe! Ne ave nunye la, ekema xɔ nye nunana la! Elabena mekpɔ wò ŋku me abe Mawu ƒe ŋku mee mekpɔ ene, eye nève nunye.


Eye wòbiɛ bena: Ha blibo ka enye si va kpem le mɔ dzi? Eɖo ŋu be: Bena nye aƒetɔ nave nunye!


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.


Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ.


Tete megblɔ na bubumeawo kple amegãwo kpakple ame mamleawo bena: Dɔ la sɔ gbɔ, eye wòkeke ta, míekaka ɖe gli dzi, eye amesiame le adzɔge tso nɔvia gbɔ.


Zãnuxɔla bu be, kpe xɔasi wonye yexɔ; afisiafi, si wòtrɔ ɖo la, edzea aye.


Amegbetɔ ƒe nunana naa alɔmeɖeƒee, eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo ŋku mee.


Ame geɖewo wɔa ŋkumenui na bubume, eye amesi naa nu la, amewo katã dzea xɔlɔe.


Adzamenunana faa dɔmedzoe nu, eye zãnunana, si wohe ɖe akɔnu vɛ la, laa adãwɔwɔ nu.


Ke azɔ la xɔ nusiwo wò dɔlanyɔnu tsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na ɖekakpui, siwo kplɔ nye aƒetɔ ɖo la!


Bia wò ɖekakpuiawo, ne woagblɔe na wò! Eyata ve wò ɖekakpuiwo nu, elabena ŋkeke nyui dzi mieva. Na nusi le asiwò la wò dɔlawo kple viwò Dawid!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa