9 Ale Mawu xɔ lãha blibo le mia fofo si hetsɔ nam.
9 Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta.
Eye ne lãwo lé ŋku ɖe atiawo ŋu hafi fɔ fu la, ekema wodzia vi, siwo me fũ to, kple esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ.
Ke esi Laban viŋutsuwo gblɔ bena: Yakob da dzo mía fofo ƒe nuwo katã, eye nusiwo nye mía fofo tɔ la, woawoe wòxɔ wɔ eƒe kesinɔnu siawo katãe.
Eye esi lãwo le asi yɔm la, meku drɔ̃e kpɔ bena, lãtsu, siwo me fli to, esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ sɔŋ, le lãnɔwo liam.
Elabena kesinɔnu, siwo katã Mawu xɔ le mía fofo si la, wonye mía ŋutɔwo kple mia viwo tɔ; eyata wɔ nusianu, si Mawu gblɔ ha wò la ko!
Eye wòtsi afima dɔ. Eye wòtsɔ nusiwo le esi la ƒe akpa ɖeka ɖo ɖe nɔvia Esau:
Elabena tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi.
Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.
Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?