Gbesigbe nava kpɔ nye fetua ɖa la, ekema nye anukwareɖiɖi adze ƒã; ne àkpɔ gbɔ̃, si mele ŋɔtaŋɔta o, kple esi metso kpɔ o, kpakple alẽvi, si mele yibɔ o la, ekema ɖe mefii.
Gbemagbe ke wòɖe gbɔ̃tsu, siwo me fli to, kple esiwo tso kpɔ, kple gbɔ̃nɔ, siwo katã le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ — lã sia lã, si me ɣi to — kpakple alẽvi, siwo le yibɔ la, ɖe vovo, eye wòde wo asi na viawo.
Ke mele didim bena, mi katã miatso gbegbɔgblɔwo aƒo nu; ke mele didim wu be, miagblɔ nya ɖi; elabena amesi gblɔa nya ɖi la, ewu amesi tsoa gbegbɔgblɔwo ƒoa nu la sa, negbe ɖeko wòaɖe egɔme, bene hame la nakpe ŋgɔgbedede.