23 Eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi, tete wògblɔ bena: Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa!
23 Efɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be, “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa.”
Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ.
Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka gbemagbe agblɔ bena: Míaɖu mía ŋutɔwo ƒe abolo, eye míata mía ŋutɔwo ƒe avɔ; na woayɔ wò ŋkɔ de mía ŋu ko; ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.
Eye dukɔ la le Zaxarya lalam, eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe mawuxɔ me tsitsi la ŋuti.
Elabena ale Aƒetɔ la wɔ nam le ŋkeke, siwo me wòkpɔm ɖa, be wòaɖe nye ŋukpe ɖa le amewo dome.
ɖe ɖetugbi, si ŋugbe wodo na ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Yosef, tso Dawid ƒe me la gbɔ, eye ɖetugbi la ŋkɔe nye Maria.
Eye wògblɔ na fofoa bena: Wɔ esia ko nam: Ɖe mɔ nam dzinu eve, ne mia kple xɔ̃nyewo míayi towo dzi aɖafa nye ɖetugbinyenye!