Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 30:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Yakob do dɔmedzoe ɖe Raxel ŋuti gblɔ bena: Alo Mawu ye menye, amesi xe wò vidzidɔa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 30:2
17 Mawu Ofanana  

Eye Sarai gblɔ na Abram bena: Kpɔ ɖa, Yehowa xe nye vidzidɔ, eyata dɔ kple nye kosi la, ɖewohĩ maxɔ mamayɔvi mahĩ? Eye Abram ɖo to Sarai ƒe gbe.


Elabena Yehowa xe nyɔnu, siwo katã le Abimelex ƒe me la ƒe vidzidɔ le Sara, Abraham srɔ̃ la ta.


Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu.


Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ.


Azɔ Yakob bi dzi hedo dɔmedzoe ɖe Laban ŋuti. Eye Yakob bia Laban bena. Vo ka meda, eye vɔ ka mewo be, nele hosuhosu dom nam ale?


Eye Yosef ɖo ŋu na wo bena: Migavɔ̃ o! Alo Mawu teƒe melea?


Esi Israel-fia xlẽ agbalẽa la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Mawue menye, ne mawu ame agagbɔ agbee, hafi amesia dɔ ame ɖo ɖe gbɔnye, be mayɔ dɔ anyi na ŋutsu sia? Midze sii kokoko be, mɔnu dim wòle le ŋunye.


amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la!


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


Ke ena lã Xana ɖe ame eve nu, elabena elɔ̃ Xana, evɔ wònye Yehowa tsi eƒe dɔ nu hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa