11 Tete Lea gblɔ bena: Nye Mawu ɖi! Eye wòna ŋkɔe be Gad.
11 Lea na ŋkɔe be Gad si gɔmee nye “Dzɔgbenyui ɖi kpem!”
Eye Silpa, Lea ƒe kosi la, dzi ŋutsuvi na Yakob.
Eyome Silpa, Lea ƒe kosi la, gadzi ŋutsuvi evelia na Yakob.
Eye Lea ƒe kosi Silpa ƒe viŋutsuwo nye Gad kple Aser. Esiawo nye Yakob ƒe viŋutsu, siwo wodzi nɛ le Mesopotamia.
Gad viŋutsuwo nye: Zifyon, Hagi, Lumi, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.
Gad la, adzohawo ava dze edzi; ke eya ayɔ wo de nu.
Ke miawo, esi miegblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mieɖo kplɔ̃ na aklama, eye mieku aha tre banaa na dzɔgbe la,
Eye woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu aɖe aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.