Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:6
19 Mawu Ofanana  

Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu.


Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Tete wògbugbɔ kplii, eye woɖu abolo, eye wono tsi le eƒe me.


Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?


Amevi, mele ku kpatakpata tsɔ ge aɖe nusi vivia wò ŋku nu la ɖa; megaxa nu o, megata avi o, eye wò aɖatsi megado o.


Gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, miaƒe sitsoƒe, si nye miaƒe aɖegbeƒonu, nusi vivia miaƒe ŋkuwo nu kple nusi nye miaƒe luʋɔwo ƒe didi; miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, siwo miegblẽ ɖe megbe la, atsi yi nu.


Wò amevi, gbesigbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ vevi, nusi vivia woƒe ŋkuwo nu, kple woƒe luʋɔwo ƒe didi, woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ɖa la,


Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Eye womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me.


Mekpɔ Sinear-tɔwo ƒe awu ʋlaya nyuia ɖe kple klosalo sekel alafa eve kpakple sikakpɔti ɖeka, si ƒe kpekpeme le sekel blaatɔ̃ la, le aboyonuawo dome, wòbiã ŋu nam, eye metsɔ wo; kpɔ ɖa, meɖi wo ɖe nye agbadɔ me, eye klosalo la le ete.


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


Eye wòfa avi ne le ŋkeke adre, siwo wotu aglo la me; eye wòɖe egɔme nɛ le ŋkeke adreagbe, elabena eɖe fu nɛ akpa. Eye nyɔnu la yi ɖaɖe adzo la na wo de viwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa