Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:24
20 Mawu Ofanana  

Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.


Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.


Etsɔa ya wɔa eƒe dɔlawoe kple dzo flafla wɔa eƒe subɔlawoe.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Gblɔ na Israel-viwo bena, woadzɔ nu nam. Midzɔ nu nam le amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la si.


Eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane ɖi fiazikpui do ɖe dziŋgɔli, si le Kerubiawo ta me la dzi le dzedzem abe gbloti ene.


eyata màtsɔe ade asi na dukɔwo ƒe ŋusẽtɔ, eye wòawɔ nu kplii; le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta la manyãe ɖa.


Eye tedzinɔ la kpɔ alesi Yehowa ƒe ɖɔla tsi tre ɖe mɔ dzi di yi ɖe asii, eyata wòdze le mɔ dzi ɖe gbe me. Ke Bileam ƒo tedzi la, be wòagatrɔe va mɔ dzi.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa