Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:16
30 Mawu Ofanana  

Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!


Bubu nɔ Yabez ŋu wu nɔviawo, eye dadaa na ŋkɔe be Yabez, le esi wose veve hafi dzii ta.


Ne wose fia ƒe se, si wòde le eƒe fiaɖuƒe blibo, si nyadri la me la, ekema nyɔnuwo katã abu wo srɔ̃wo tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi,


Esi wokpɔe la, woƒe nu ku, dzidzi ƒo wo, eye wosi.


Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ!


Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Aleke nagblɔ, nenye be etsɔ xɔ̃wò, siwo ƒe nu ma wò la, ɖo tatɔwo ɖe nuwo? Ɖe màlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim la ene oa?


Wò amesi tso aƒe ɖe Libanon dzi, eye nèwɔ ato ɖe sedertiwo me, ne vevesese ƒo ɖe dziwo, eye nèlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene la, aleke màhaɖe hũi o!


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Damasko ƒe lãme tu, etrɔ hesi, eye dzidzi ƒoe; ŋɔdzi kple vevesese va edzi abe nyɔnu léku ene.


„Míese eŋu nya, míaƒe asiwò do agble, ŋɔdzi lé mí, eye míele ƒoƒom tititi abe nyɔnu léku ene.“


Ke ne srɔ̃ gblẽ eme nɛ, le gbesigbe wòsee la, ekema magawɔ nya, si ge le enu wòɖe adzɔgbe alo tsri nu la dzi o, elabena srɔ̃ gblẽ eme nɛ; eye Yehowa atsɔe akee.


Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.


Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


Abe alesi wòle le ame kɔkɔewo ƒe hawo katã me ene la, miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena, woaƒo nu o; ke woaɖo to boŋ, abe alesi se ta gblɔ ene.


Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpe ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko.


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa?


Ke woaɖee to vidzidzi me, ne ena xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔ̃kɔewɔwɔ kpakple ɖokuidziɖuɖu me.


woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa