Esi Gilead wɔ nu vɔ̃ɖi la, eyata woatsrɔ̃ wo; esi wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilgal la, eyata woatsɔ woƒe vɔsamlekpuiwo ali kae ɖe boliƒo dzi le agble me abe kpewo ene.
Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam!
Ke Zebax kple Zalmuna kpakple woƒe aʋakɔ la va Karkor, eye amesiwo katã kpɔtɔ le ɣedzeƒeviwo ƒe aʋakɔ me la, ana ame akpe wuiatɔ̃; ke amesiwo kpla yi, eye wotsi aʋa la, le ame akpe alafa ɖeka kple blave.