Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 28:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esi Yakob nyɔ tso alɔ me la, egblɔ be: Vavã, Yehowa le afisia, gake nyemenyae o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 28:16
14 Mawu Ofanana  

Ke esi Salomo nyo la, ekpa bena, drɔ̃e wònye. Tete wòyi Yerusalem ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã.


Elabena Mawu ƒoa nu le mɔ si kple mɔ keme dzi, ke womedzea sii o.


Kpɔ ɖa, eto ŋunye yi, eye nyiemekpɔe o; esa agbe va yi, eye nyemedze sii o.


Afika madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi, eye afika masi atso wò ŋku me ayi?


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si!


Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!


Mibu Yehowa Zebaot kokoe, eye eya nenye vovɔ̃ kple ŋɔdzi na nu.


Esia ta menvɔ ɖo, eye mekpɔ be, nye alɔ̃ la vivi nam.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Yehowa ƒe aʋafia la gblɔ na Yosua bena: Ɖe wò atokota le afɔ, elabena teƒe, si nèle tsitre ɖo la, teƒe kɔkɔe! Tete Yosua wo nenema.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa