Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 28:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Emegbe la Isak yɔ Yakob vɛ, eye wòyrae, eye wòde se nɛ gblɔ nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Isak yɔ Yakob, yrae, eye wògblɔ nɛ be, “Mègaɖe Kanaan nyɔnu siawo dometɔ aɖeke o,

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 28:1
20 Mawu Ofanana  

eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Eye nye aƒetɔ gblɔ nam, eye wòna meka atam ɖe dzi nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


ke boŋ nayi mía denyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye Isak!


Emegbe naɖa nu nyuia ɖe nam, abe alesi nyoa ŋunye ene, eye natsɔe vɛ nam, ne maɖu, be mayra wò hafi aku!


Eye Rebeka gblɔ na Isak bena: Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnua ɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?


Ke esi Esau kpɔ bena, Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Mesopotamia, bena wòaɖe srɔ̃ le afima, eye wòyrae de se nɛ gblɔ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o,


Ekema miatsɔ mía nyɔnuviwo na mi, eye miawo hã miaɖe mia nyɔnuviwo; mianɔ mia gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka.


Eye mina miaɖe srɔ̃ ɖekae, mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí, eye miawo hã miatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na mi.


Afima Yuda kpo Kanaantɔ Sua ƒe vinyɔnu le, eye woɖee, eye wòdo kplii.


Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee,


Esiawo nye Israel ƒe to wuieveawo; eye esiawo nye nya, siwo wo fofo gblɔ na wo. Eyra wo dometɔ ɖesiaɖe wo tɔ wo tɔe.


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Miɖe srɔ̃, eye midzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; miɖe nyɔnu na mia viŋutsuwo, eye miɖe ŋutsu na mia vinyɔnuwo, ne wòadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; midzi ɖe dzi le afima, eye migazu ʋee o.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Mose na anyigba Manase-to afã ɖe Basan, eye Yosua na anyigba afã evelia ɖe wo nɔviwò gbɔ le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe. Esi Yosua le asi ɖe ge le wo ŋu wòayi woƒe agbadɔwo me la, eyra wo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa