Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 27:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Wò yi anyi wò, eye àsubɔ nɔviwò. Ke ne èle ʋiʋlim la, aɖe eƒe kɔkuti ɖa le wò kɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

40 Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 27:40
17 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!


Eye mekpɔ aƒenyiwo, tedziwo kple alẽwo, kluviwo kple kosiviwo, eye meɖo dɔlawo ɖo ɖe nye aƒetɔ gbɔ, be wòave nunye.


Esau gblɔ bena: Nu geɖe le asinye, nɔvinye, wò nuwo nenɔ asiwò ko.


Eye wòɖe amewo ɖo Edom, Edom blibo lae wòɖe amewo ɖoe, eye Edomtɔwo katã zu Dawid ƒe dɔlawo. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Esi Edomtɔwo, eyata dzi ɖo ƒowò. Wò bubu la nenɔ ŋuwò, ne natsi aƒe; nukaŋuti nèbe, yeade ɖokuiwò dzɔgbevɔ̃e me, eye mia kple Yuda siaa míatsi?


Ewu Edomtɔwo dome ame akpe ewo le dzeʋe la me, eye wòxɔ Sela le aʋa la me hetso ŋkɔ nɛ bena Yokteel vaseɖe egbe.


Ke Edom dze aglã ɖe Yuda ƒe dziduɖu ŋu vaseɖe egbe. Eye Libna hã dze aglã ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu le ɣemaɣi, le esi wògblẽ Yehowa fofoawo ƒe Mawu ɖi la ta.


Le eŋɔli Edom dze aglã ɖe Yuda le dziɖuɖu ŋu, eye woɖo fia na wo ɖokui.


Ke Edomtɔwo gava, wosi Yuda, eye woɖe aboyo amewo.


Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔeƒe la be: Makpɔ dzidzɔ, mamã Sixem, eye madzidze Sukot-hali me la.


Migaɖu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa