Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 27:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esi wote ɖe eŋu ɖuɖɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se; eye wòyrae gblɔ bena: Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm abe alesi gbe, si Yehowa yra, ʋẽnae ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 27:27
14 Mawu Ofanana  

Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.


Emegbe la Rebeka tsɔ via xoxoetɔ Esau ƒe atsyɔɖowu, siwo le egbɔ la, hedo na via ɖevitɔ Yakob.


Eyome la fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Te ɖe ŋunye azɔ, vinye, eye naɖuɖɔ nu nam!


Tete fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Manɔ anyigba wɔnu dzi akpɔ o, eye dziƒozãmua ɖeke madza na wò o.


Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo.


Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee,


Eɖo ŋku anyigba dzi, eye nède tsu wòwu ko nɛ, tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋu taŋ. Ena blii, eye ale nèwɔ anyigba lae enye si.


Gboti ƒe tsetsewo ɖe asi ɖiɖi me, eye weinka ƒe seƒoƒowo le ya ɖem nyuie. Tso, xɔnye, nye tugbedzɛ, va!


Eye wògblɔ le Yosef ŋu bena: Yehowa ayra eƒe anyigba kple dziƒonu xɔasiwo kple zãmu kpakple anyigbatu me tsiwo.


Le xɔse me Isak yra Yakob kple Esau le nusiwo le vava ge la ŋuti.


Elabena anyigba, si noa tsi, si dzana ɖe edzi agbadre, eye wòmiea amagbe, si nyo na amesiwo ŋlɔe la, xea yayra tsoa Mawu gbɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa