26 Eyome la fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Te ɖe ŋunye azɔ, vinye, eye naɖuɖɔ nu nam!
26 Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!”
Eye wògblɔ bena: Tsɔe vɛ nam, ne maɖu vinye ƒe adelã la, eye mayra wò! Tete wòtsɔe ve nɛ woɖu, emegbe wotsɔ wein vɛ nɛ wònɔ.
Esi wote ɖe eŋu ɖuɖɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se; eye wòyrae gblɔ bena: Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm abe alesi gbe, si Yehowa yra, ʋẽnae ene.
Emegbe la Yakob ɖuɖɔ nu na Raxel, eye wòɖe asi avifafa me.
Tete Yoab yi fia la gbɔ ɖagblɔe ne; eye wòyɔ Absalom. Esi wòva fia la gbɔ la, ede ta agu ɖe fia la ŋku me, eye fia la gbugbɔ nu na Absalom.
Etsɔ wo nu gbugbɔ nu nam, elabena wo lɔlɔ̃ nyo wu wein.
Eye enumake wote ɖe Yesu, ŋu, eye wògblɔ bena. Rabi, fiẽ na wò loo! Eye wògbugbɔ nu nɛ.