Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 27:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Dadaa ɖo ŋu ne bena: Vinye, nye boŋ ŋue wò fiƒoɖe la laɖi; ɖo tom ko, eye nayi aɖalée vɛ!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 27:13
12 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Eye Yakob gblɔ be: Ka atam ƒu dzi nam gbɔ! Tete wòka atam nɛ, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒle na Yakob.


Tete wòyi ɖalée vɛ na dadaa, eye dadaa ɖa nu nyuia ɖe, abe alesi nyoa fofoa ŋu ene.


Eyata vinye, ɖo to nye gbe! Tso, eye nasi ayi ɖe nɔvinye Laban gbɔ le Xaran!


Eyata vinye, se nye gbe, eye nawɔ nusi magblɔ na wò la!


Manɔ enu, eye nabiae atso asinye. Ne nyemegakplɔe va ɖo ŋkuwò me o la, ekema nabum vodalae le nye agbe me ŋkekewo katã me.


Eye Tekoa-nyɔnu la gblɔ na fia la bena: Nye aƒetɔ fia, mía kple fofonye ƒe aƒe dzi vodada la le, ke fia kple eƒe fiazikpui meɖi faa ɖeke o.


Eya hã to Axab ƒe aƒe la ʋe me, elabena dadaa nye eƒe aɖaŋuɖola le nu vlo wɔwɔ me.


Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!


Eye wòdze klo ɖe eƒe afa nu gblɔ bena: Nye aƒetɔ, dzinyee vodada la le! Eyata na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me, eye se wò dɔlanyɔnu ƒe gbe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa