Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:8
8 Mawu Ofanana  

Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.


Tete Abimelex yɔ Isak hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, srɔ̃wo wònye tso! Menye wòe gblɔ bena, ye nɔvinyɔnue oa? Isak ɖo ŋu nɛ bena; Elabena mele vɔvɔ̃m be, woawum le eta.


Mele nye xa ƒe fesre nu kpa nu to adzrala nu.


Mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miɖu agbe le wò agbenɔnɔ ƒuƒlu ƒe ŋkekewo katã, si wotsɔ na wò le ɣea le la me, ŋkeke ƒuƒlu, siwo katã nele agbe; elabena esia nye wò agbe kple wò agbagba, si nèdze le ɣea te la ƒe gome.


Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene, ele tsitre ɖe míaƒe gli te xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòɖo ŋku ɖe adzrala nu.


Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.


Sisera dada do mo ɖe fesre nu, eye wòdo ɣli to adzralawo me gblɔ bena: Nukaŋuti eƒe tasiaɖamwo gbe vava, eye nukaŋuti eƒe sɔwo ƒe afɔzi tsi megbe ale?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa