Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:7
15 Mawu Ofanana  

Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai bena: Kpɔ ɖa, menya bena, nyɔnu dzetugbe nènye.


Gblɔ ko dzro bena, nɔvinyenyɔnu nènye, ne manɔ dedie le tawò, eye matsi agbe le tawò!


Eye esi Farao ŋumewo kpɔe la, wokafui na Farao, eye wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe me.


Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.


Eye Abraham gblɔ le srɔ̃a Sara ŋuti bena, ye nɔvinyɔnue; eyata Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ na ye.


Alo menye eya ŋutɔ gblɔ nam bena, ye nɔvinyɔnue, eye nyɔnua hã gblɔ nam bena, ye nɔviŋutsue oa? Nye dzime kɔ, eye nye asi dza le ekpɔkplɔme.


Eye nyɔnuvi la dze tugbe ŋutɔ, ɖetugbi, si ŋutsua ɖeke mede asi eŋu kpɔ o la wònye, eye wòyi ɖe vudoa me ɖaku tsi ɖe eƒe ze la me, eye wògado go.


Eye Isak nɔ Gerar.


Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.


Lea ƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ; ke Raxel ya nyo, eye wòdze tugbe.


Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene,


migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa