Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Wogblɔ nɛ bena: Míekpɔ dze sii keŋ bena, Yehowa li kpli wò; eyata míegblɔ be, anyo be, míaka atam na mía nɔewo, eye míabla nu kpli wò,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:28
21 Mawu Ofanana  

eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Ne ava ƒonyemeawo gbɔ, eye womelɔ̃ be, woatsɔe na wò o la, ekema menye wòe tu nye atam la o.


Na míabla nu kple mía nɔewo, eye esia anye ɖase le mia kpli wò dome.


Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,


Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.


Eye Salomo, Dawid vi la, li ke le eƒe fiaɖuɖu la me, Yehowa, eƒe Mawu, no kplii, eye wòwɔe gã ŋutɔ.


eye wòƒo Yuda blibo la kple Benyamin kpakple amesiwo tso Efrayim, Manase kple Simeon va dze egbɔ la nu ƒu, elabena ame geɖewo tso Israel va de edzi, esime wokpɔ be, Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii.


Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be: „Yehowa ƒe nunɔlawo“, eye woayɔ mi be „mía Mawu ƒe subɔlawo“; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.


Woanya wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le anyigba dzi dukɔwo dome. Amesiwo katã kpɔ wo la, adze si wo be, ƒome, si Yehowa yra la wonye.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.


Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


Amewo taa amesiwo lolo gawu, eye nutata enye kpeɖoɖodzi hena woƒe nyaʋiʋli katã ƒe nuwuwu.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Emegbe Amonitɔ Nahas ho va de to de Yabes-Gilead. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas bena: Bia nu kpli mí, ekema miasubɔ wò!


Esi Saul kpɔ dze sii be, Yehowa li kple Dawid, eye Saul vinyɔnu Mixal lɔ̃a eƒe nya la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa