Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Tete wòɖi vɔsamlekpui heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzi le afima, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afima. Emegbe Isak fe dɔlawo ɖe vudo ɖe afima hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:25
11 Mawu Ofanana  

Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


afisi wòɖi vɔsamlekpui ɖo gbã. Eye Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afima.


Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.


Gbemagbe ke Isak ƒe dɔlawo va gblɔ nɛ le vudo, si woɖe la ŋuti be: Mieke ɖe tsi ŋu!


Eye wòɖi vɔsamlekpui ete afima, eye wòna ŋkɔe bena: „Mawu, si enye Israel ƒe Mawu“.


Eye Mawu gblɔ na Yakob bena: Tso, naʋu ayi Betel, eye nanɔ afima, eye naɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò, esime nesi le nɔviwò Esau nu!


Eye wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe bena Enos. Le ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.


Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Eye Mose ɖi vɔsamlekpui, eye wòna ŋkɔe be: Yehowa nye aflaga.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa