Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ bena: Megayi Egipte o, ke boŋ na anyigba, si mafia wò la dzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:2
11 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ na Abram bena: Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi!


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.


Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.


Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!


Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


ekema mado ŋku nu, si mebia kple Yakob, Isak kple Abraham la dzi, eye maɖo ŋku anyigba la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa