7 Eye ƒe, siwo katã Abraham nɔ agbe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaadre vɔ atɔ̃.
7 Abraham ƒe agbenɔƒewo katã nɔ ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃.
Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran.
Eye Isak ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blanyi.
Eye Isak ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii, hafi woku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ Eye via Esau kple Yakob woɖu.
Yakob nɔ Egipte-nyigba dzi ƒe wuiadre, eye Yakob ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blane vɔ adre.
Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.
Esi Yosef xa ƒe alafa ɖeka kple ewo la, eku, eye wòsi atike nɛ hetsɔe de aɖaka me le Egipte.