2 Eya dzi Simran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax nɛ.
2 Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham.
Eye Abraham gaɖe srɔ̃, si ŋkɔ nye Ketura.
Yoksan dzi Seba kple Dedan; eye Asuritɔwo, Letusitɔwo kple Leumitɔwo dzɔ tso Dedan me.
Esi Xusam ku la, Bedad vi Hadad ɖu fia ɖe eteƒe; eya nye amesi ɖu Midiantɔwo dzi le Moab ƒe gbadzaƒe, eye eƒe fiadu enye Awit.
Ke Midian-sitsalawo va to wo ŋuti yi, eye woɖe Yosef le do la me hetsɔ dzra na Ismaeltɔwo klosalo blave, eye wokplɔ Yosef yi Egipte.
Ke Midiantɔwo ɖadzrae ɖe Egipte na Potifar, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋuti mewo ƒe amegã.
Wodze mɔ tso Midian va Paran, eye wokplɔ ŋutsuwo ɖe asi tso Paran heva Egipte-fia Farao gbɔ le Egipte; eye wòna xɔe hetia asi nuɖuɖu nɛ, eye wòna anyigbae.
Esi Hiob ƒe xɔlɔ̃ etɔ̃awo se dzɔgbevɔe, siwo katã dzɔ ɖe edzi la, wo dome amesiame tso wo de: Elifaz tso Teman, Bildad tso Suax, eye Zofar tso Naama; woɖo gbe ɖi kple wo nɔewo be, yewoayi aɖafa nɛ, eye yewoafa akɔ nɛ.
na Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo katã kple Media-fiawo katã;
Eye Moab gblɔ na Midian-ame tsitsiwo bena: Ameha, si ɖe to ɖe mí la, le mía ɖu ge, abe alesi nyi ɖua gbe le gbe mee ene. Balak, Zipor vi, enye Moab-fia le ɣemaɣi me.
Bia hlɔ̃ Midiantɔwo na Israel-viwo; emegbe nayi tɔgbuiwòwo gbɔ.
Eye wowu Midian-fia atɔ̃awo, siwo nye: Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la, kpe ɖe ame bubuawo ŋu; eye wowu Bileam, Beor vi, hã kple via.