Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:59 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

59 Eye wodo mɔ wo nɔvi Rebeka kple amesi na noe le ɖevime la, kpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

59 Ale wodo hedenyui nɛ, eye woɖe nyɔnu si kpɔ edzi tso ɖevime la kpe ɖe eŋu, hekpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:59
8 Mawu Ofanana  

Tete Laban kple Betuel wogblɔ bena: Nya sia tso Yehowa gbɔ, eyata míate ŋu agblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui ɖe eŋu o.


Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.


Esia megbe la eya kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi dɔ. Ke esi wofɔ ŋdi la, egblɔ bena: Mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ!


Tete woyɔ Rebeka vɛ, eye wobiae bena: ayi kple ŋutsu sia? Eɖo eŋu bena: E, mayi.


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Ke Debora, amesi na no Rebeka le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe Betel ƒe anyigbe ɖe logoti gãa ɖe te, eyata wona ŋkɔ afima bena „Konyifalogo“.


Alo nyee fɔ dukɔ blibo sia ƒe fua? Eye nyee dzi wo, hafi nèle gbɔgblɔm nam be, matsɔ wo ɖe akɔ nu, abe alesi vitsɔla tsɔa vidzie ene, ayi anyigba, si ŋu nèka atam ɖo na wo fofowo la dzia?


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa