Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Esi nyemekpɔ ɖe nu le nya la me o la, tete Rebeka lé ze ɖe ta vɛ, eye wòyi ɖe vudo la me ɖaku tsi. Eye megblɔ ne bena. Meɖe kuku, na tsim mano!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 “Esi menɔ nya siawo gblɔm la, Rebeka gbɔna ɖaa, tsikuze nɔ abɔta nɛ. Eyi ɖaku tsi le vudo la me ɖe tsikuze la me. Megblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na tsim mano.’

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:45
14 Mawu Ofanana  

eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã la, eya nanye nyɔnu, si Yehowa ɖo ɖi na nye aƒetɔ ƒe vi la!


Elabena wò Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔe ɖe wò dɔla ƒe to me bena: matu xɔ na wò; eyata dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.


Fia la gblɔ nam be: Nuka biam nèle? Tete mede gbe ɖa na dziƒo Mawu la,


Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.


Esi nèdze kokoƒoƒo gɔme la, nyaa de tso Mawu gbɔ, eye meva, be magblɔe na wò, elabena wolɔ̃ wò; eyata lé to ɖe nya la ŋu, eye nalé to ɖe ŋutega la hã ŋu.


Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi;


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa