Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye esi wòkplɔ ŋutsua va aƒe me la, eɖe akpa na kposɔawo, eye wòtsɔ aƒla kple gbe ve na kposɔawo; emegbe la eku tsi vɛ na ŋutsua kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti la, bena woaklɔ woƒe afɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Ale aƒedzikpɔla la dze Laban yome yi aƒe me, eye woɖe agba na kposɔawo. Laban na gbe ƒuƒu aƒedzikpɔla la be wòana kposɔawo. Emegbe la, ena tsi aƒedzikpɔla la kple ŋutsu siwo kplɔe ɖo la be woaklɔ afɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:32
10 Mawu Ofanana  

Woaku tsi via ɖe ve, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie,


Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ.


Ke esi wotsɔ nuɖuɖu ɖo ekɔme la, egblɔ bena: Nyemaɖu nu haɖe o, negbe ɖeko magblɔ nya, si mehe vɛ la hafi! Woɖo ŋu be: Gblɔe faa!


Esi Laban se nya siawo le nɔvianyɔnu ƒe vi Yakob ŋuti la, eƒu ɖu yi ɖakpee, eye wòkpla asi kɔ nɛ heɖuɖɔ nu nɛ, eye wòkplɔe va eƒe me. Eye wòxlẽ nya, siwo katã va dzɔ la, na Laban.


Emegbe la ekplɔ ŋutsuawo va Yosef ƒe me, ku tsi na wo woklɔ afɔe, eye wòtsɔ gbe na woƒe tedziwo.


Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Eye wòkplɔe yi eƒe me hena nuɖuɖu eƒe tedziwo, eye woklɔ afɔ, eye woɖu nu wono nu.


Tete wòtsi tre, eye wotsyɔ mo anyi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa