Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 gblɔ bena: Woakafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, amesi meŋlɔ nye aƒetɔ be le enu veve kple nuteƒewɔwɔ nɛ me o la. Elabena Yehowa fia mɔm, eye wòkplɔm va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 “Yehowa Mawu, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, meda akpe na wò be nève nye aƒetɔ nu, eye nèwɔ wò ŋugbedodo dzi nɛ be nèkplɔm tẽe va do ɖe nye aƒetɔ ƒe ƒometɔwo dome.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:27
31 Mawu Ofanana  

Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.


Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tso wò futɔwo ɖe asi na wò la! Tete Abram tso nuawo katã ƒe ewolia ne.


Eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na wòadze edzi nam egbea, eye nave nye aƒetɔ Abraham nu!


Ke ŋutsu la zi kpi le ekpɔm dũ, ne yeadze sii be, ɖe Yehowa na yeƒe mɔzɔzɔ dze dzi loo, alo medze edzi o.


ke boŋ nayi mía denyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye Isak!


Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖagblɔ bena: Yehowa, wò nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Ne ana nye azɔli, si dzi mele, nadze edzi nam la, — kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to —


Tete medze klo na Yehowa, eye metsyɔ mo anyi hekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na ye aƒetɔ ƒe vi la.


Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


nye medze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nẽɖi na wò dɔla la dometɔa ɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve.


Eye wògagblɔbena: Woakafu Yehowa, Sem ƒe Mawu; eye Kanaan anye kluvi na wo!


Eve Aximaaz do ɣli gblɔ na ba la bena: Ŋutifafa! Eye wobɔbɔ de ta agu ɖe fia la ŋku me gblɔ bena: Woayra Yehowa, wò Mawu, si tsɔ ŋutsu, siwo do woƒe asi ɖe dzi ɖe nye aƒetɔ fia ŋu la, de asi!


Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.


Edzo yi dzi me ʋi, èɖe amewo aboyoe, eye nèxɔ nunana le amegbetɔwo dome. Tosẽlawo hã anɔ Mawu Yehowa gbɔ.


Eɖo ŋu eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ na Israel ƒe aƒe la Anyigba ƒe mlɔenuwo katã kpɔ mía Mawu, ƒe xɔname.


Eye Yetro gblɔ bena: Woakafu Yehowa, amesi ɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao si me, amesi ɖe dukɔ la tso Egiptetɔwo ƒe ŋusẽ te.


Esi Mose va tsi la, gbe ɖeka eyi nɔviawo gbɔ, eye wòkpɔ, alesi wole woƒe dɔ sesẽ la wɔmi. Tete wòkpɔ Egiptetɔa ɖe le nɔvia Hebritɔa ɖe ƒom.


Esi ŋu ke la, egayi, eye wòkpɔ Hebritɔ ɖeɖe eve le avu wɔm. Tete wògblɔ na amesi le ge dim la bena: Nukaŋuti nele nɔviwò ƒom?


Eye Yehowa va to eŋuti yi heɖe gbe ƒã bena: Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ,


Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.


Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe,


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ,


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.


Tete nyɔnuwo gblɔ na Naomi bena: Woakafu Yehowa, si mete xɔnametɔ wò o, eye woanyɔ eƒe ŋkɔ le Israel!


Tete Dawid gblɔ na Abigail bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi dɔ wò ɖa nèva kpem egbe!


Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa