Tete medze klo na Yehowa, eye metsyɔ mo anyi hekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na ye aƒetɔ ƒe vi la.
Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.
ekema migblɔ na wo bena: Esia enye ŋutitotovɔsa na Yehowa, amesi tso míaƒe aƒewo ɖi le Egipte-nyigba dzi, eye wowu Egiptetɔwo; ke ekpɔ miaƒe aƒewo ta. Tete dukɔ la de ta agu, eye wodo gbe ɖa.
Esi Gideon se drɔ̃e la kple egɔme la, edo gbe ɖa; emegbe wògbugbɔ va Israel ƒe asaɖa la me gblɔ bena: Mitso, elabena Yehowa tsɔ Midiantɔwo ƒe asaɖa la de asi na mí!